Matthew 12:38-42

Amewo bia dzesi

(Marko 8:11-12; Luka 11:29-32)

38Tete Yudatɔwo ƒe agbalẽfialawo kple Farisitɔ aɖewo bia tso esi be, “Nufiala, míedi dzesi kple nukunu aɖe tso gbɔwò.” 39Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo bena, “Dzidzime vɔ̃ɖi wɔahasi le dzesi kple nukunu dim. Ke ɖeke meli wu nyagblɔɖila Yona ƒe dzesi la o. 40Elabena ale si Yona nɔ tɔmelã gã la ƒe dɔme ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃ ene la, nenema ke nye Amegbetɔ Vi la hã manɔ anyigba ƒe tume ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃. 41Le ʋɔnudrɔ̃gbe la, Ninivetɔwo atsi tre ɖe dukɔ sia ŋuti eye woabu fɔ mi. Elabena esi Yona gblɔ mawunya na wo la wotrɔ dzime, ɖe asi le woƒe nu tovowo wɔwɔ ŋu hetrɔ ɖe Mawu gbɔ. Ke azɔ la, ame aɖe le mia dome si de ŋgɔ wu Yona boo gake miegbe be yewomaxɔ edzi ase o. 42Fianyɔnu si tso Sheba la atsi tre ɖe dukɔ sia ŋu le ʋɔnudrɔ̃gbe eye wòabu fɔe, elabena exa ɖe Salomo ƒe nunya ta tso didiƒe ke va egbɔ bena yease eƒe nufiamenyawo, ke azɔ ame aɖe si kɔ wu Salomo la le mia dome.

Copyright information for EweBEE